Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:3
20 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.


Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


bene wòakɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ŋuti le mia me, eye wòakɔ miawo hã mia ŋuti le eyama me le mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nu.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖana Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã;


Eye afisi meyina la, míenyae, eye mɔ la hã mienyae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite