Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 “Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:28
29 Referans Kwoze  

Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ.


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


anyigba ʋuʋu, Sinai sia hã, le Mawu ŋku me, eye dziŋgɔ ge la le Mawu, Israel ƒe Mawu la, ŋku me.


Tete Yesu gblɔ bena: Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi via ɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite