Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:26
75 Referans Kwoze  

Ne nyaxɔɖakɔla va, amesi maɖo ɖe nu atso Fofo la gbɔ, nyateƒe la ƒe Gbɔgbɔ, si doa go tsoa Fofoa gbɔ la, eyama aɖi ɖase le ŋutinye;


Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se.


Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.


Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Elabena ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


Eye nye la mado Fofonye ƒe ŋugbedodo la ɖe mia dzi; ke miawo la minɔ Yerusalem-du la me, vaseɖe esime woatso ŋusẽ atso dziƒo ado na mi.


Ke, mi hiãtɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me,


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe esia fia bena, womeʋu mɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me haɖe o, ŋkeke alesi agbadɔ ŋgɔgbetɔ la gali ko,


Eyaŋuti abe alesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ene be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la,


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.


Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa!


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ,


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Dzra nu nyui, si wode asi na wò la ɖo to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si nɔa mía me la me.


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Tete medo ŋku Aƒetɔ ƒe nya la dzi, alesi wògblɔ bena: „Yohanes de mawutsi ta na ame kple tsi, ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.“


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Eye esi wògblɔ esia la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo bena: Mixɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe!


Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.


Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae.


Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.


Ke Gbɔgbɔ kɔkɔe hã ɖi ɖase le eŋuti na mí;


Eƒe nusrɔ̃lawo mese nusiawo gɔme gbã o; ke esi wokɔ Yesu ŋuti la, tete woɖo ŋku edzi bena, woŋlɔ nu siawo ɖi le eŋuti, eye bena wowɔ nusiawo nɛ.


Dawid ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matso wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le,


le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


Eye Mawu, si nya dziwo me la, ɖi ɖase na wo, le esime wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo, abe alesi wòna miawo hã ene;


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Eye esi eya kpli wo ƒo ƒu la, ede se na wo be, woagadzo le Yerusalem o, ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me;


vaseɖe ŋkeke, si me wòde se na apostolo, siwo wòtia to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, hafi woxɔe yi dzi la ŋuti;


Ke egblɔ esia le Gbɔgbɔ la ŋuti, esi amesiwo le edzi xam le sesem la, laxɔ; elabena Gbɔgbɔ la meli haɖe o, le esi womekɔ Yesu ŋuti haɖe o la ta.


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Eye fofoa Zaxarya yɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe, eye wògblɔ ɖe anyi bena:


Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro.


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.


Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.


Megblɔ esiawo na mi, esi megale mia gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite