Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:21
43 Referans Kwoze  

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.


Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me.


Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.


Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,


ke Fofoa ŋuta lɔ̃a mi, elabena miawo mielɔ̃m, eye miexɔe se bena, medo go tso Mawu gbɔ.


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.


Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo!


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!


Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la,


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe.


Eya akɔ ŋutinye: elabena aɖe atso tɔnye me, eye wòagblɔe afia mi.


Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ.


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


eye mekpɔe wòle gbɔgblɔm nam bena: Netsɔ, nado go tso Yerusalem kaba; elabena womaxɔ wò ɖaseɖiɖi, si naɖi le ŋutinye la o.


Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye.


Eɖo ŋu bena Meɖe kuku, na makpɔ wo ŋutikɔkɔe la!


eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mele ɖa le eŋu o, eye wòle Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite