Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:18
18 Referans Kwoze  

Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la,


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Tsyɔ̃eviwo míenye, tɔ mele mía si o, eye mía nɔwo zu ahosiwo.


Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miagakpɔm; elabena meyina Fofoa gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite