Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:10
26 Referans Kwoze  

Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem.


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.


Elabena ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.


Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.


Nye lã nusiwo ke mekpɔ le Fofonye gbɔ la, eya megblɔna, eye miawo hã nusiwo miese tso: mia fofo gbɔ la, eya miewɔna.


elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me,


Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me?


Tete Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Nye nufiafia la menye tonye o, ke boŋ amesi dom ɖa la tɔe.


Ke azɔ la miedi be, yewoawum, nye amesi gblɔ nyateƒe, si mese tso Mawu gbɔ la, na mi; Abraham mewɔ esia o.


eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema?


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Mixɔm se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye; ke ne menye nenem o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ta.


Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite