Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 etsi tre le nua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awu da ɖi, eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:4
9 Referans Kwoze  

Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Ke mia dome ameka ƒe dɔla le agble ŋlɔm alo le lã nyim, eye ne etso agble va aƒe la, wòagblɔ nɛ bena: Va kaba, eye nabɔbɔ nɔ anyi mahã?


Eye Yosafat gblɔ bena: Ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia gbe Yehowa ase oa? Tete Israel-fia ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ bena: Elisa, Safat vi, amesi de tsi asi na Eliya la, le afi.


Alo menye ɖe wòagblɔ nɛ bena: Dzra nusi maɖu la ɖo, nasa avɔ ɖe ali asubɔm, vaseɖe esime meɖu nu, eye meno nu, eye esia megbe wò hã naɖu nu, eye nano nu o mahã?


Eye esime wòklɔ woƒe siawo ŋuti vo, eye wòdo eƒe awuwo, eye wògabɔbɔ nɔ anyi la, egblɔ na wo bena: Mienya nusi mewo na mia?


Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite