Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:23
15 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔla, si wolɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?


Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.


Tete wòƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu, si Yesu lɔ̃na la gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye mienyã afisi wotsɔe ɖada ɖo o.


Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!


Eye Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.


Eyaŋuti nɔvianyɔnuawo ɖɔ ame ɖo de egbɔ hegblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.


Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.


Amesia nye nusrɔ̃la, si le ɖase ɖim le nusiawo ŋuti, eye wòŋlɔ nya siawo, eye míenyãe bena, eƒe ɖaseɖiɖi lanye nyateƒe.


Azɔ ame ma bi kɔ do ɖe Yesu ƒe akɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, amekae?


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


Tete Simon Petro mia ŋku ɖee, eye wògblɔ nɛ bena: Biae, amesi ŋuti wògblɔ esia ɖo.


Azarya, Natan vi, le dɔdzikpɔlawo nu, eye Zabud, Natan vi, nye nunɔla kple fia xɔlɔ̃,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite