Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esi Yesu gblɔ esiawo la, eʋuʋu kpẽkpẽkpẽ le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka lafia yonyeme mo

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:21
17 Referans Kwoze  

eye esi wole nu ɖum la, egblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka adem asi.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Eye esi Wobɔbɔ nɔ anyi le nua ɖum la, Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dome ame ɖeka, si le nua ɖum kplim la, ladem asi.


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu,


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Tete nusrɔ̃lawo kpɔ wo nɔewo ƒe ŋku me hele dzodzodzoe wɔm le amesi ŋu wògblɔ esia ɖo la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite