Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:2
14 Referans Kwoze  

Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene;


Ke Satana yi ɖe Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Iskariot la me.


mia kple ŋutsu ʋeea ɖewo mietso le zã; ke nyemegblɔ nusi nye Mawu de dzi me nam, be mawo na Yerusalem la, na amea ɖeke o; eye laa ɖeke meno ŋunye o, negbe lã, si mede la koe.


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


etsi tre le nua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awu da ɖi, eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali.


Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.


Elabena enya amesi le eyome mɔ fia ge; eyaŋuti wògblɔ bena: Menye mi katã ŋutie ɖi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite