Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tso esia dzi la mele egblɔm na mi, hafi wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase bena nyee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:19
15 Referans Kwoze  

Eye azɔ megblɔe na mi, hafi ne wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase.


Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.


Ke esiawo megblɔ na mi, bena ne woƒe gaƒoƒo ɖo la, ne miaɖo ŋku wo dzi bena, nyee gblɔe na mi. Ke nyemegblɔ esiawo na mi tso gomedzedzea me o; elabena meli kpli mi.


eyata meɖee fia wò gbaɖegbe ke, eye mena nèsee, hafi woava dza, ne màgagblɔ be: Nye legbawoe wɔe, nye aklama kpakpɛwo kple nye legba kɔkɔwoe ɖoe o.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.


Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi.


Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.


Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi.


Migblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la, ne miadze sii be, mawuwo míenye; miwɔ nyuie alo vɔ̃a ɖe, ekema míaƒe nu aku, eye mí katã míakpɔe kple ŋku.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nye, amesi le nu ƒom kpli wò la, nyee.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite