Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Mieyɔam bena: Nufiala kple Aƒetɔ, eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:13
18 Referans Kwoze  

Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã?


eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.


Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.


Eye esi wògblɔ esia la, etɔ edzi yi ɖayɔ nɔvianyɔnu Maria dzaa, eye wògblɔ bena: Nufiala va, eye wòle yɔwòm.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.


Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.


Eye wògblɔ nɛ bena: Eɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.


Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie.


Yehowa gblɔ nam bena: Ekpɔe ɖe eteƒe; elabena manɔ ŋute ɖe nye nya ŋu, ne mawɔe ade goe.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Eye eya enye Maria, si tsɔ ami ʋeʋẽe si na Aƒetɔ la, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa, amesia ƒe nɔviŋutsu enye Lazaro, si le dɔ lém la.


Eyaŋuti nɔvianyɔnuawo ɖɔ ame ɖo de egbɔ hegblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.


Eye mi aƒetɔwo, miwo nusiawo tɔgbe ke na wo; midzudzɔ ŋɔdzidodo, esi miawo hã mienyae be, mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele egbɔ o la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite