Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi le tsi la, afɔ ŋuti kɔklɔ koe hiã nɛ; elabena eŋuti blibo la katã ɖi; eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 13:10
23 Referans Kwoze  

Mia ŋuti kɔ xoxo le nya, si megblɔ na mi la ta.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la!


Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Xɔ̃nye, nusianu nyo le ŋuwò, dzuƒea ɖeke mele ŋuwò o.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Simon Petro gblɔ ne bena: Ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwò kple nye la hã.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite