Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 12:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Ke Yesu do ɣli, eye wògblɔ bena: Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la dzie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Yesu do ɣli gblɔ be, “Ne ame aɖe xɔ dzinye se la, menye nye ɖeka dzi wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm la hã.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 12:44
11 Referans Kwoze  

Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa amesi ke medo ɖa la, nyee wòxɔ, eye amesi xɔam la, exɔa amesi dɔm ɖa.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae.


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Azɔ Yesu do ɣli le mawuƒe la me hele nu fiãm, eye wòle gbɔgblɔm bena: Ẽ, mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋuta ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔa ɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienyã o.


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?


Nunya le ɣli dom le kpɔdomee, eye wòkɔ eƒe gbe dzi le ablɔwo me,


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite