30 Yesu xɔ dzi bena: Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae.
30 Yesu gblɔ be, “Miawo ta gbe sia ɖi ɖo, menye tanye o.
Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa.
Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.
Eye dzi dzɔm le mia ta bena, nyemele afima o, be miaxɔ ase; ke mina, ne míayi ɖe egbɔ.
Ke nye la nyemexɔ ɖaseɖiɖi tso amè gbɔ o, ke mele nusiawo gblɔm, bena míakpɔ ɖeɖe.
Azɔ xexe sia me ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo: fifi ko woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe.