Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 12:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 „Megavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi, kpɔ ɖa, wò fia la nɔ tedzivia ɖe dzi gbɔna!“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 12:15
17 Referans Kwoze  

Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Fia la bia Ziba bena: Nuka nèbe, yeawɔ nu siawoe? Ziba ɖo ŋu be: Tedziawo nye fia la ƒe aƒea to, ne woaɖo; aboloawo kple kutsetse kpoawo nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu; eye wein la nye amesiwo ŋu ɖeɖi te le gbedzi la to, ne woano.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


fia la gblɔ na wo bena: Miɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo kpe ɖe mia ɖokui ŋu, eye mina vinye Salomo nado nye tedzisɔ, ne miakplɔe yi Gixon.


Edzi ŋutsuvi blane, eye wòxɔ tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃, amesiwo doa tedzivi blaadre, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe enyi.


Mi amesiwo do tedzinɔ ɣiwo, kple mi amesiwo no kuntruwo dzi, kpakple mi amesiwo le mo la, midzi ha!


Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.


Esia megbe la Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui hekpe ɖe ŋutsu blaatɔ̃, siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ la ŋu.


„Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.


Ke Yesu kpɔ tedzivia ɖe, eye wòde edzi, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite