Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.
Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!