Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la do, eye ame gedewo dzo le anyigba la dzi heyi Yerusalem, bena wòakɔ wo dokui ŋuti, hafi ŋutitoto la naɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

55 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:55
30 Referans Kwoze  

Azɔ ŋkeke ade hafi ŋutitoto la naɖo la, Yesu va Betania, afisi Lazaro, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la le.


Ke Yudatɔwo ƒe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖo.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo,


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Le eya me wokpɔm le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm, menye kple ameha alo kple hoowɔwɔa ɖeke o; woawo nye Yudatɔa ɖewo tso Asia,


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Nusia wo megbe la Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiea ɖe ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.


Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃.


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Eye wòva me, esi Yesu wu nenem nya siawo katã nu vo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena:


Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa,


Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.


Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.


Ke ŋutsua ɖewo gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kukuwo ŋu, eye womete ŋu ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la gbemagbe o. Ŋutsu siawo va Mose kple Aron gbɔ le ŋkeke ma dzi,


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne mia ŋutɔwo alo miaƒe dzidzimeviwo dometɔa de gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu alo yi nugbe la, ekpɔ mɔ aɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa.


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Eye abolo maʋãmaʋã ƒe ŋkekenyuie, si woyɔna be ŋutitoto la ɖo.


Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.


Tete esi ŋu ke la, Paulo ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi wòkɔ eɖokui ŋuti kpli wo la, eyi ɖe mawuxɔ la me hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo ƒe nuwuwu gblɔm fia wo, vaseɖe esime woamè nu ɖe wo dome amesiame ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite