Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Eye wo dometɔ ɖeka, Kayafa, si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, gblɔ na wo bena: Miawo mienya naneke kulẽ o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

49 Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:49
11 Referans Kwoze  

Gake megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ, esi wònye nunɔlagã le ƒe ma me la ŋuti, wògblɔ nya ɖi bena, Yesu laku ɖe dukɔ la ta;


Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã, si ŋkɔ nye Kayafa la, ƒe mɔ̃ la me;


kple Hana, nunɔlagã, kpe ɖe Kayafa kple Yohanes kple Aleksandro ŋuti kple ame geɖe alesi nu tso nunɔlagã ƒe ƒome la me.


eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite