Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:42
27 Referans Kwoze  

Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.


bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.


Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la do Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Fofo dzɔdzɔe, xexeame menya wò o, ke nye la menya wò, eye amesiawo hã wonyã bena, wòe dɔm ɖa;


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Gake azɔ hã menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.


Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


Azɔ Yudatɔ, siwo le aƒea me kplii, eye wole akɔ fam nɛ la, esi wokpɔ bena, Maria tsi tre kaba do go la, wodze eyome hele susum bena, eyina yɔdo la gbɔ, bena yeafa avi le afima.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.


Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o: elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.


Gake ne nye la medrɔ̃ ʋɔnu la, ele nyateƒe nu, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ mía kple amesi dɔm ɖa lae.


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


elabena le eyama ta Yudatɔwo dome ame geɖewo dzo yi, eye woxɔ edzi se ɖo.


Azɔ ameha, si le eŋuti la, ɖi ɖase bena, eya Lazaro tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite