Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:41
14 Referans Kwoze  

Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne


Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!


ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo.


Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.


Ke wokpɔ be, wòmũ kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Gake azɔ hã menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.


Ke le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya fute la Maria, Magdalatɔ, va yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ bena, woɖe kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite