Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:38
12 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu,


eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo.


Ke le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya fute la Maria, Magdalatɔ, va yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ bena, woɖe kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Ke wokpɔ be, wòmũ kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, eɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖo-kuiwò ɖe agakpe me?


Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi.


Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.


Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.


Eye wodzo heyi ɖatre kpe la ɖe enu, eye woɖo dzɔlawo afima.


Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite