Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Marta gblɔ nɛ bena: Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:24
18 Referans Kwoze  

eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu;


Ke esia enye amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, bena nusianu, si wotsɔ nam la, ne magabu ɖeke o, ke boŋ bena mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔviwò la atsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite