22 Gake azɔ hã menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.
22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”
Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.
Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.
Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.
Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.
Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!
Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔviwò la atsi tre.