Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 11:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esiawo wògblɔ, eye le esia megbe la egblɔ na wo bena: Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la mieyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 11:11
25 Referans Kwoze  

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Ke Yesu ƒo nu le eƒe ku ŋuti; ke woa wobu xa bena, eƒo nu le alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ ŋuti.


amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,


Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme,


eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe, siwo ɖo alɔ̃ la, ƒe ŋutilãwo tsi tre,


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


Eye esi wòge de aƒea me la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.


egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.


Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.


Eye ale wowu ŋɔŋlɔ, si gblɔ bena: „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye la“ nu enye esi, eye wòyɔe be Mawu xɔlɔ̃.


Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.


Ekema amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la, hã tsrɔ̃.


Eyaŋuti nɔvianyɔnuawo ɖɔ ame ɖo de egbɔ hegblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.


Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.


Ke wò, nye dɔla Israel, Yakob, amesi metia, xɔ̃nye Abraham ƒe ƒome,


Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Ke Gexazi dze wo ŋgɔ va tsɔ atikplɔ la da ɖe ŋutsuvi la ƒe mo, gake gbea ɖeke meɖi o, eye mese naneke o. Tete wògbugbɔ va kpee hetoe nɛ gblɔ bena: Ŋutsuvi la menyɔ o.


Ke ne amea ɖe zã zã la, eklia nu, elabena kekeli la mele eyama me o.


Tete nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite