42 Eye ame geɖewo xɔ edzi se le afima.
42 Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia.
Eye ame geɖe wu xɔ edzi se le eya ŋutɔ ƒe nya ŋuti,
Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o;
Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖe, siwo va Maria gbɔ, eye wokpɔ nusiwo Yesu wɔ la, woxɔ edzi se.
Esi wògblɔ esiawo la, ame geɖewo xɔ edzi se.
Ke ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome, eye wogblɔ bena: Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?
Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.
Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ.