Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:38
12 Referans Kwoze  

Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me?


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.


Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite