Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye,

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:25
17 Referans Kwoze  

Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.


Mixɔm se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye; ke ne menye nenem o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ta.


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Eye dzesi bubu geɖewo hã Yesu wɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋku me, esiwo womeŋlɔ de agbalẽ sia me o;


Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,


Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.


Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?


Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Ke ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome, eye wogblɔ bena: Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Mia fofo Abraham dzɔ dzi be, yeakpɔ nye ŋkeke la, eye wòkpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ.


Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite