Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:24
13 Referans Kwoze  

Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Ɖe wòa nèwu mia fofo Abraham, si ku la, mahã. Eye nyagblɔɖilawo hã ku! Ameka nèle ɖokuiwò bumii mahã?


Tete wogblɔ nɛ bena: Wò la ameka nènye? Yesu gblɔ na wo bena: Nusi megblɔ na mi tso gɔmedzedzea me ke lae.


Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Esiawo eƒe dzilawo gblɔ, elabena wovi Yudatɔwo; elabena Yudatɔwo ɖo ɖe anyi xoxoxo bena, ne amea ɖe katse ʋu eyama me bena, Kristo wònye la, ekema yewoaɖee le yewoƒe ha me.


Ke esi dukɔ la le nukpɔkpɔ me, eye wo katã wole ɖi kem le woƒe dzi me le Yohanes ŋuti be, ɖewo mahĩ eyae nye Kristo la la,


Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Eye wòto nya sia na wo faa. Tete Petro de kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ.


Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui.


Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite