Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Bubuwo gblɔ bena: Nenem nya siawo la menye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, ƒe nyawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋkuwo na ŋkuagbãtɔwo mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:21
11 Referans Kwoze  

Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eya, amesi wɔ to, ɖe mase nu oa? Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpa nu oa?


Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wotsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi,


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa.


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Eye mawuxɔ ƒe ɖɔɖɔɖoŋkekenyuie ɖo le Yerusalem, eye wònye vuvɔŋɔli;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite