Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:2
25 Referans Kwoze  

Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu kple gatagbadza, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Wo ƒlelawo wu wo, womeɖi fɔ o, eye wo dzralewo gblɔ be: Woakafu Yehowa, be mezu hotɔ! Eye wo kplɔlawo ha mekpɔ wo ta o.


Lãkplɔviwo ƒe avi le ɖidim, elabena woƒe atsyɔ̃ gblẽ; dzataviwo le xɔxlɔ̃m, elabena wogblẽ Yordan ƒe avegoe la!


Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene:


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la, eye woadi yi agblẽ Nimrod ƒe anyigba la; woaɖe mi tso Asur si me, ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ míaƒe llƒowo dzi la.


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite