Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:18
23 Referans Kwoze  

Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe.


gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia!


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mi katã míenye ɖaseɖilawo le.


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.


Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite