Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 10:12
15 Referans Kwoze  

eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o,


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o;


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye.


esina, elabena agbatedɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite