Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:9
15 Referans Kwoze  

Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


Se yeye magaŋlɔ aɖo ɖe mi, esi nye nyateƒe le eya me kple miawo hã mia me; elabena viviti le dzodzom, eye kekeli vavã le keklẽm xoxo.


Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo.


Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.


Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti. Azɔ ne kekeli, si le mewo la, zu viviti la, aleke viviti ŋutɔ lahasɔ gbɔe!


Azɔ, ne wò ŋutilã blibo la me klẽ, eye afia ɖeke medo viviti o la, eme; blibo la katã laklẽ, abe alesi akaɖi kple eƒe keklẽ klẽna na wò ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite