Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:48
14 Referans Kwoze  

Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo;


Ke Filipo tso Betsaida, Andrea kple Petro ƒe du.


Azɔ esi Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ bena, ameha gãa de gbɔna ɖe ye gbɔ la, egblɔ na Filipo bena: Afika míaƒle abolo le, bena amesiawo naɖu mahã?


Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o.


amesiawo va Filipo, si tso Betsaida le Galilea la gbã, eye woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, miele didim be, míakpɔ Yesu ɖa.


Filipo gblɔ ne bena: Aƒetɔ, fia Fofo la mi, eye aɖi kɔ na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite