Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:43
19 Referans Kwoze  

Filipo gblɔ ne bena: Aƒetɔ, fia Fofo la mi, eye aɖi kɔ na mi.


Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Mele nyanya na amesiwo wu media nye mɔ o, eye mele kpɔkpɔ na amesiwo mediam o; megblɔ na dukɔ, si meyɔa nye ŋkɔ o la be: Nyee nye esi, nyee nye esi!


amesiawo va Filipo, si tso Betsaida le Galilea la gbã, eye woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, miele didim be, míakpɔ Yesu ɖa.


Minɛ míalɔ̃e, elabena etre mí lɔlɔ̃!


Azɔ esi Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ bena, ameha gãa de gbɔna ɖe ye gbɔ la, egblɔ na Filipo bena: Afika míaƒle abolo le, bena amesiawo naɖu mahã?


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


Nusiawo va ve me le Betania le Yordan godo, afisi Yohanes le mawutsi dem ta na amewo le.


Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.


Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo;


Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o.


Esi ŋu gake la, Yohanes gatsi tre kple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve,


Ke esi Yesu se bena, wotso Yohanes de asi la, edzo heyi ɖe Galilea.


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Ke Filipo tso Betsaida, Andrea kple Petro ƒe du.


Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Eye nusrɔ̃la eveawo se eƒe nuƒoƒo, eye wodze Yesu yome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite