Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Egblɔ na wo bena: Miva kpɔe. Eye wova, eye wokpɔ afisi wònɔna; eye wonɔ anyi kplii le ŋkeke ma dzi, anɔ gaƒoƒo ewolia dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:39
11 Referans Kwoze  

Eye wozi edzi gblɔ bena: Na anyi kpli mí, elabena zã le dodom, eye ŋkeke la yi vɔ. Eye wòyi de eme, be yeanɔ anyi kpli wo.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ bena, wòanɔ yewo, gbɔ, eye wònɔ afima ŋkeke eve.


Natanael gblɔ nɛ bena: Ɖe nu nyuia ɖe ate ŋu atso Nazaret mahã? Filipo gblɔ nɛ bena: Va kpo.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?


Eye ame eveawo dometɔ ɖeka, si se Yohanes ƒe nuƒoƒo, eye wòdze Yesu yome la, enye Andrea, Simon Petro nɔvi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite