Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye Yohanes ɖi ɖase gblɔ bena: Mekpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:32
7 Referans Kwoze  

eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Eye enumake esime wòle go dom tso tsia me la, ekpa dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ la le abe akpakpa ene hele ɖiɖim ɖe edzi;


Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi:


Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


Ame bubue nye amesi le ɖase ɖim le ŋutinye, eye menyae bena, ɖase, si ɖim wòle le ŋutinye la, enye nyateƒe.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Eye nyemenyae o, ke boŋ bena wòaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le mawutsi dem ta na amewo ɖe tsi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite