Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:3
20 Referans Kwoze  

gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.


Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.


Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.


Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!


Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o.


Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Nyee wo anyigba, eye mewo ame ɖe edzi. Nye asie he dziƒo me, eye meɖo eŋu nuwo katã.


Mele gbɔgblɔm be: Nye Mawu, megana nunye nayi le nye ŋkekewo ƒe domedomee o! Wo ƒewo anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la, ƒe nuɖoanyi la,


Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawiokatãɣi;


Eya kple Mawue li le gɔmedzedzea me.


Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite