Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”)

Gade chapit la Kopi




Yohanes 1:15
21 Referans Kwoze  

Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me,


Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.


Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la metsɔ tsi de mawutsi ta na mi; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o.


Eye wòɖe gbe ƒã gblɔ bena: Amesi tri akɔ wum la, le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokota ŋu ka medzem be, mabɔbɔ atu o.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite