Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Anyigba, megavɔ̃ o, tso aseye, eye nakpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wo ge.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.

Gade chapit la Kopi




Yoel 2:21
21 Referans Kwoze  

Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.


Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.


Ke mite va fifia hã, ne míakpɔ nu gã, si wɔ ge Yehowa ala le nua ŋku me!


nenemae me-gaɖo ta me le ŋkeke siawo me be, mawɔ nyuie na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o!


Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o.


Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!


Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?


Tɔsisiwo neƒu akpe, towo katã netso aseye


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ:


Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu.


Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.


Mawu, wò dzɔdzɔenyenye kɔ de dziƒo ke; wò amesi wɔ nu gãwo, Mawu, amekae ɖe nuwò ma?


Miaɖu nu aɖi ƒo, eye miakafu Yehowa, mia Mawu, amesi wo nukunu ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔ, eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite