Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 2:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ na eƒe dukɔ bena: Kpɔ ɖa, maɖo bli, aha yeye kple ami ɖe mi, ne miaɖu aɖi ƒo, eye nyemagana ŋu nakpe mi le dukɔwo dome azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.

Gade chapit la Kopi




Yoel 2:19
21 Referans Kwoze  

Ma na nudodo namie na wo ade ŋkɔ wo ŋu, ne dɔwuame magatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi azɔ o, eye dukɔwo magado ŋukpe wo azɔ o.


Nyemena nagase dukɔwo ƒe vlodoame azɔ o, màgatso dukɔwo ƒe ŋukpedoame azɔ o, eye màgaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Lu ayɔ lugbɔƒe fũ, eye aha yeye kple ami ado agbogbo ɖe ahafiãƒe.


Woava atso aseye le Zion ƒe togbɛ dzi, eye woanye zi ɖe Yehowa ƒe nu nyuiwo dzi, ɖe lu, wein kple ami, alẽviwo kple nyiwo dzi, woƒe luʋɔ anɔ abe abɔ, si wode tsii ene, eye nu magati kɔ na wo azɔ o.


Agble zu gbegbe, eye anyigba le nu xam, elabena bli gblẽ, aha yeye no ƒiaƒiaƒia, eye ami ƒu kplakplakpla.


Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.


Eye nyemagaɣla nye ŋku me ɖe wo azɔ o, le esi metrɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Luƒoɣi adidi vaseɖe weinhaɣi, eye weinhaɣi adidi vaseɖe nuƒãɣi, eye míakpɔ abolo geɖe aɖu, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi bɔkɔɔ.


Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ:


ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.


ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;


Tete eya kple lɔ̃xoawo wotso hegbugbɔ tso Moab-nyigba dzi; elabena ese le Moab-nyigba dzi be, Yehowa kpɔ eƒe dukɔ la ɖa, eye wòna abolo wo.


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Mana atikutsetsewo kple agble me nukuwo nasɔ gbɔ, ne miagahe dukɔwo ƒe vlodoame ava mia ɖokui dzi le dɔwuame ta azɔ oa


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite