Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu, eye wòkpɔ nublanui na eƒe dukɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.

Gade chapit la Kopi




Yoel 2:18
19 Referans Kwoze  

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye meɖo dziku vevie be ʋã ŋu ɖe enu.


Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie,


Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.


Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me! Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò; elabena le nye dɔmedzoe me meƒo wò, eye makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve me.


Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


Mi dukɔwo mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu, elabena ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dolawo ƒe ʋu nu; ebia hlɔ̃ eƒe futowo, eye wòlé avu na eƒe anyigba kple eƒe dukɔ!


Elabena, ne ekpa be, ŋusẽ vo le wo ŋu, eye ame tsitsiwo kple ɖeviwo megali o la, adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu


Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.


Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye amesiwo woɖe la, atso Zion-to la dzi; Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã la le esia wɔ ge.


Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye amesiwo woɖe la, atso Zion-to la dzi; Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã la le esia wo ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite