Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?

Gade chapit la Kopi




Yoel 2:11
30 Referans Kwoze  

Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


Mawu le eme, maʋã o, Mawu xɔna nɛ, ne agu dze.


De menye vivitie nye Yehowa ƒe ŋkeke la, eye menye kekeli oa, ɖe menye blukɔ wònye, eye eme mekɔ oa?


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Ke wo ɖela sesẽ, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Adrɔ̃ woƒe nya ade goe, ne wòana gbɔdzɔe anyigba, eye wòaɖe zi Babeltɔwo me.


Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Miƒu to anyi, zi le ɖiɖim le towo dzi abe dukɔ geɖewo tɔ ene; fiaɖuƒewo kple anyigba dzi dukɔ, siwo kpe ta la ƒe howɔwɔ le ɖiɖim. Yehowa Zebaot le aʋakɔwo xlẽm!


Eye wògado eƒe numegbe la gblɔ bena: Alele! ameka anɔ agbe, ne Mawu awɔ nusia?


Eye wò la nagblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu agblɔ na wo bena: Yehowa le gbe ɖem tso dzi me, eye wòna eƒe gbe ɖi tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la me; ele gbe ɖem ɖe eƒe lãnyiƒe ŋu, eye wòtso ayiboopɛɛ abe weinfiãlawo ene ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu.


Baba na amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le! Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o.


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Ɖe dzi anɔ ƒowò, eye ŋusẽ anɔ wò asi ŋu le ŋkeke, siwo me mawɔ nu kpli wòa? Nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawɔe hã.


Eye woava me le ŋkeke ma dzi be, Yehowa ala aku ayɔ togbato, siwo le Egipte-tsiwo ƒe mlɔenu, kple anyi, siwo le Asur-nyigba dzi,


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


Elabena dukɔa ɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye wòsɔ gbɔ kpaŋ, eƒe aɖuwo le abe dzatatsu ƒe aɖu ene, eye eƒe tsyo le abe dzatanɔ tɔ ene.


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã; alesi nèwɔ la, nenema woawo wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi.


Yehowa ɖe gbe le dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na wose eƒe gbe.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite