Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Egblẽ nye weinkawo, eye wòŋe nye gbɔtiwo, eflo tsro le wo ŋu hetsɔ wo ƒu anyi, eye woƒe kawo fu ɣie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:7
12 Referans Kwoze  

Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Weinka ku, eye gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, keke detiwo kple atɔtɔŋutitiwo kpakple agblemetiwo katã ke hã; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso, le amegbetɔviwo dome.


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o.


Yehowa be: Maɖe wo ɖa keŋkeŋ, ale be weintsetsea ɖeke manɔ weinka ŋu o, gbotsetsea ɖeke manɔ gboti dzi o, eye aŋgba ayra, eye madɔ amesiwo ava ƒo ɖe wo dzi la, ɖe wo ŋu.


Wein yeye ano ƒiaƒiaƒia, weinka ayra, eye amesiwo katã ƒe dzi kpɔa dzidzɔ la, aɖu tse.


Eƒo woƒe weinkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòŋe woƒe anyigba dzi tiwo.


Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.


Eye ʋetsuviawo ƒo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wodze ɖe anyigba la ƒe afisiafi taŋtaŋ; wo tɔgbe meva kpɔ o, eye magava alea hã akpɔ o.


Woƒo akɔta le agble nyowo kple weinka tsekuwo ta.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite