Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui.

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:4
19 Referans Kwoze  

Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe.


Eye woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu, abe alesi woƒoa ʋetsuviwo nu ƒu ene, eye woaƒu du ɖe wo ŋu, abe alesi abɔ fia kpoe ene.


Etsɔ woƒe numiemiewo na ʋetrawo kple woƒe agblemenuwo na ʋetsuviwo.


Ke ne egbe asiɖeɖe le nye dukɔ ŋu la, ekema mana ʋetsuviwo nava wò anyigba dzi etsɔ.


Yehowa Zebaot la eƒe agbe be: Ne metsɔ amewo yɔ wò taŋ abe ʋetsuviwo ene hã la, woatso ayiboopɛɛ ɖe ŋuwò!


Eƒo nu, eye ʋetsuviwo kple ʋetrawo ɖo bibibi,


Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne medo ʋetsuviwo ɖa, be woaɖu anyigba la, ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe nye dukɔ la dome,


Àƒã nuku geɖe ɖe agble me, ke ʋeea ɖe ko naŋe, elabena ʋetsuviwo aɖui avɔ.


Mitu aflaga ɖe anyigba dzi, miku kpẽ le dukɔwo dome, mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, miyɔ fiaɖuƒewo ɖe eŋuti tso Ararat, Mini kple Askenas, miɖo aʋafiawo ɖe eŋuti, eye mikplɔ sɔwo vɛ abe ʋetsuvi tofuwo ene!


Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, woƒe futɔwo xaxa wo ɖo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, fuɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o;


Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, ne woƒe futɔwo xaxa wo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, eɖanye luɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o,


Adogowo aɖu wò atiwo kple wò agblemenuwo.


Eye woanye atsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba magadze o; woaɖu nu mamlea, siwo kpetsia tso ɖi na mi la, eye woaɖu miaƒe ati, siwo gadze le gbe me la.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite