Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem.

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:18
10 Referans Kwoze  

Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.


Gbemelãwo hã le xɔxlɔ̃m na wò, elabena toʋuwo mie, eye dzo bi lãnyiƒewo ƒe gbewo.


Eye Axab gblɔ na Obadya bena: Yi ɖatsa le anyigba dzi le tsidzɔƒewo katã kple tɔʋuwo katã ŋu, ɖewohĩ míakpɔ gbe axɔ sɔwo kple tedzisɔwo ɖe agbe, be lãwo magatsrɔ̃ na mi o.


Eye fia Salomo kple Israel-ameha blibo, si kpe ta de egbɔ la, le eŋu le aɖaka la ŋgɔ hetsɔ alẽwo kple nyiwo sa vɔe; wosɔ gbɔ, ale be womexlẽ wo alo bu wo o.


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Eyata ɖziƒo te zãmu mi, eye anyigba, te agblemenu mi ɖo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite