Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Agble zu gbegbe, eye anyigba le nu xam, elabena bli gblẽ, aha yeye no ƒiaƒiaƒia, eye ami ƒu kplakplakpla.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:10
19 Referans Kwoze  

Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Lugbɔƒe kple ahafiãƒe manyi wo o, eye aha yeye aflu wo.


Wona wòzu gbegbe, gbegbe le nu xam le ŋunye godoo; anyigba blibo la gblẽ, elabena mede dzigbɔ na amea ɖeke o.


Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.


eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.


Weinka ku, eye gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, keke detiwo kple atɔtɔŋutitiwo kpakple agblemetiwo katã ke hã; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso, le amegbetɔviwo dome.


Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le agblewo me le Moab-nyigba dzi; metsi wein nu le weinfiãnu me, eye womagafiã wein kple aseyetsotso azɔ o; aseyetsotso maganye aseyetsotso o!


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Wole konyi fam ɖe wein ŋu le ablɔwo me, dzidzɔwo katã nu yi, vivisesewo bu le anyigba dzi.


Yakatsyɔ miawo do, ŋusẽ nava le mia ŋu, elabena anyigba mawɔ nu o, eye agblemetiwo matse ku o.


Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!


Elabena Nimrim ƒe tsiwo azu tagba, gbe aƒu, gbe fe aku, eye aŋgba manɔ anyi o.


Wein yeye ano ƒiaƒiaƒia, weinka ayra, eye amesiwo katã ƒe dzi kpɔa dzidzɔ la, aɖu tse.


Eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ na eƒe dukɔ bena: Kpɔ ɖa, maɖo bli, aha yeye kple ami ɖe mi, ne miaɖu aɖi ƒo, eye nyemagana ŋu nakpe mi le dukɔwo dome azɔ o.


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Kpɔ ɖa, malã alɔ na mi, mahlẽ miaƒe ŋkekenyuiewo ƒe mĩwo ɖe mo na mi, eye woakɔ mi ayi wo gbɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite