1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel, Petuel vi.
1 Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.
Ke esia nye nya, si wogblɔ to nyagblɔɖila Yoel dzi bena:
eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;
elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.
Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.
Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.