Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena hafi ɖevi la nade asi fofo kple dada yɔyɔ me la, woatso Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adze Asur-fia ŋgɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”

Gade chapit la Kopi




Yesaya 8:4
16 Referans Kwoze  

elabena esime mekpɔ dzi vi haɖe o, eye womewɔ nyuia ɖeke alo vɔ̃a ɖeke hã o la, bene Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ anyi le tiatia la nu, menye tso dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ tso amesi yɔna la gbɔ —


ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?


Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.


Asur-fia ɖo toe, eye Asur-fia ho va Damasko hexɔe, eye wòkplɔ wo yi Kir, eve wowu Rezin.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eye miaƒe vidzie, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu, kple mia viŋutsu, siwo mele nyui alo vɔ̃ nyam egbe siawo o la, ade afima, eye matsɔe na wo wòanye wo to.


Efrayim ƒe mɔ̃ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi, eye Aram ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israel-viwo tɔ ene, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Eye Yehowa gaƒo nu kplim gblɔ bena:


Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


eye woava me na eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le bali wɔnu ta me la, abe gbotsetse, si ɖi, hafi dzomeŋɔli ɖo, esi, ne amea ɖe kpɔe la, mekpɔa ɖoa asi me hafi wòminɛ o la ene.


Maŋe Damasko ƒe gametiwo, eye amesiwo le nuvɔ̃bali me la kple amesi; lé fiatikplɔ ɖe asi le dzidzɔkpɔxɔwo me la, atsrɔ̃, eye woaɖe aboyo Aram-dukɔ la ayi Kir; Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite